2 Corinthians 2

1Ke azɔ la, nye ŋutɔ meɖoe be nyemagava mia gbɔ kple nu si agahe nuxaxa vɛ na mi o. 2Elabena ne megade nuxaxa miaƒe dzi me la, miete ŋu le dzidzɔ do ge nam le mia gbɔnɔnɔ me o; evɔ ame bubu aɖeke hã meli si ado dzidzɔ nam tsɔ wu miawo o. 3Esia tae meŋlɔ agbalẽ ma na mi ale be miaɖɔ nuwo ɖo hafi mava, elabena nyemedi be makpɔ naneke le mi ame siwo ŋu meɖoa ŋu ɖo be miado dzidzɔ geɖe nam la ŋu si ade nuxaxa nye dzime o. Menyae nyuie bena ne meva mia gbɔ le dzidzɔ me la ekema miawo hã miakpɔ dzidzɔ geɖe. 4Nuxaxa kple veve geɖe nɔ nye dzime, eye aɖatsiwo ge le mo nam gɔ̃ hã le agbalẽ ma ŋɔŋlɔ me, eye menye ɖe meŋlɔ agbalẽ la be mana miaxa nu o, ke boŋ meŋlɔe be mana miadze si nu masɔmasɔ siwo le edzi yim le mia gbɔ kple ale si melɔ̃ mii vevie.

Tsɔtsɔ ke na vɔ̃wɔla

5Ne ame aɖe he nuxaxa vɛ la, menye nyee wòdo nuxaxa na o ke boŋ mi katãe, mele egblɔm alea be nyemagate gbe ɖe dzi fũu o. 6Eya ta tohehe si ame akpa gãtɔ da ɖe nenem me sia dzi la sɔ gbɔ nɛ. 7Azɔ ele be miatsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee eye miafa akɔ nɛ. Ne menye nenema o la, ase veve eye dzi aɖe le eƒo ale gbegbe be wòatrɔ ɖa tso nyateƒe la gbɔ. 8Meɖe kuku na mi, miɖee fiae azɔ be miegalɔ̃e pɛpɛpɛ abe tsã ene. 9Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be, miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo gbɔgbɔ le mia me mahã? 10Nu si mietsɔ ke ame aɖe la, nye hã metsɔe kee, eye edze be nye hã matsɔe ke le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ me hena miaƒe nyonyo ko. 11Susu bubu si ta wòdze be miatsɔ nu vɔ̃ ake amewo lae nye be miaxe mɔ na Satana be wòagaɖu mia dzi ahe tɔtɔ va mia dome o, elabena mí katã míedze si ale si wòdi be yeade zitɔtɔ hamewo dome.

Nubabla Yeyea ƒe apostolowo

12Esi meva Troa be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la le afi ma la, mekpɔ be Aƒetɔ la ŋutɔ ʋu mɔ nam be dɔ la nayi edzi nyuie. 13Gake metsi dzi le ɖokuinye me, elabena nyemekpɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔ Tito le afi ma o, gawu la nyemenya afi si wònɔ kple nu siwo nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi o. Medo taflatse na Troatɔwo eye medzo le afi ma heyi Makedonia.

14Ke akpe na Mawu be to nu si Kristo wɔ me la míekpɔ dziɖuɖu eye míekaka nyanyui la abe ami ʋeʋẽ si ʋẽna lililĩ ene ɖe amewo dome le afi sia afi si míeyi. 15Elabena Mawu wɔ mí míezu ami si ʋẽna lililĩ la eye Kristo ƒe ʋeʋẽ lililĩ si wòtsɔ de mía me la kaka ɖe ame siwo katã kpɔ xɔxɔ kple ame siwo mekpɔe o siaa dome. 16Nunana nyui si Kristo tsɔ na mí la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m. Ke le ame siwo xɔ Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lililĩ si naa agbe. Azɔ biabia lae nye be, ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ Aƒetɔ la ƒe dɔ siawo? 17Míawo la míele abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene o. Esi wònye Mawue dɔ mí ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la eye Mawu ƒe ŋku le mía ŋu ɖaa.

Copyright information for EweBEE